John 5

Yesu ƒe dɔyɔyɔ amewo le taa la to

1Le nu siawo megbe la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. 2Taa aɖe nɔ dua ƒe agbo si woyɔna be Alẽgbo la gbɔ. Woyɔa taa sia le Hebrigbe me be Betesda Taa. Wowɔ agbadɔ atɔ̃ ƒo xlãe. 3Lametututɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, titilélawo kple dɔ vovovo lélawo va nɔa agbadɔawo te, le taa la to, henɔa tsia me bublu lalam 4Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina ɖe tsi la me heblunɛ, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la, ƒe dɔ si lém wònɔ la vɔna nɛ.

5Ame aɖe hã nɔ teƒea si nɔ dɔ lém ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. 6Esi Yesu kpɔe eye wòkpɔe dze sii be ele dɔa lém eteƒe didi la ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?”

7Dɔnɔa ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, gake ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe tsia me nenye be wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme xoxo.”

8Yesu gblɔ nɛ bena, “Tsi tre, nàŋlɔ wò aba ne nàyi aƒeme!” 9Dɔnɔa ƒe lãme sẽ enumake ale wòŋlɔ eƒe aba la hede asi zɔzɔ me. Sabat ŋkekea dzie Yesu wɔ nukunu sia le. 10Le esia ta la Yudatɔwo ƒe dumemegãwo kpɔ dziku ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le be, “Egbee nye Sabat, eya ta mèkpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke o. Mɔɖeɖe hã meli be nalé aba ɖe asi anɔ yiyim o!”

11Ŋutsua ɖo eŋu na wo be, “Ame si da gbe le ŋunye lae na mɔm.”

12Wobiae be, “Ame kae nye ame ma si ɖe mɔ na wò be nàwɔ esia?”

13Amea menya ame si Yesu nye o, evɔ Yesu hã bu ɖe ameha la dome xoxo. 14Emegbe la Yesu va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me eye wògblɔ nɛ bena, “Azɔ la, wò lãme sẽ eya ta mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò emegbe la, avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”

Agbe to Via me

15Ke ŋutsua yi ɖadi Yudatɔwo ƒe amegãwo eye wògblɔ na wo bena Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu.

16Le esia ta la, Yudatɔwo ti Yesu yome vevie be eda le Sabat ƒe sea dzi. 17Ke Yesu gblɔ na wo bena, “Fofonye le dɔ nyui wɔwɔ dzi ɖaa va se ɖe fifi ale nye hã mele eƒe afɔteƒe tom.”

18Eƒe nya siawo gade ada mo na Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ale wodi kokoko be yewoawui. Hekpe ɖe esia ŋu la, wogblɔ be eyɔ Mawu be eyae nye ye Fofo, ale be wòtsɔ eɖokui sɔ kple Mawu.

Vi la ƒe ŋusẽ

19Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, nu si wòwɔna lae nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm. 20Elabena Fofo la lɔ̃a Via be wòawɔ nukunu gawo wu esi miekpɔ va yi. 21Via afɔ ame kuku siwo dze eŋgɔ la ɖe tsitre abe ale si Fofo la wɔnɛ ene. 22Fofo la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ katã gblẽ ɖe Via sime 23be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋui ene. Gake ne miegbe bena yewomade bubu Mawu Vi si wòɖo ɖe mi la ŋu o la, efia be miele bubu dem Fofo la hã ŋu o.

24“Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame sia ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ Mawu si ɖom ɖa la dzi se la, akpɔ agbe mavɔ, ale be womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi agbe mavɔ la me xoxo. 25Megale gbe tem ɖe edzi na mi bena ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime ame kukuwo gɔ̃ hã ase nye gbe, ẽ, woase nye Mawu Vi la ƒe gbe, eye ame siwo awɔ ɖe edzi la akpɔ agbe mavɔ. 26Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me, 27ale be Vi la nadrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo katã le woƒe nu vɔ̃wo ta elabena eyae nye Mesia alo Amegbetɔvi la. 28Megawɔ nuku na mi o. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe li gbɔna; esi ame kuku siwo le yɔdowo me hã ase Mawu Vi la ƒe gbe, 29eye woatsi tre ado go tso yɔdoawo me. Ana ame siwo wɔ nu nyuiwo la nayi agbe mavɔ la me, ke adrɔ̃ ʋɔnu ame vlo siwo kpɔ dzidzɔ le vɔ̃wɔwɔ ŋuti.

30“Nye la medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke hã o, negbe ne Fofo la di tso asinye ko. Hekpe ɖe esia ŋu la, medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu eye ame ŋkumekpɔkpɔ mele eme o, elabena medrɔ̃a ʋɔnu ɖe Mawu si dɔm ɖa la ƒe didi nu. Nye la nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna.

Yesu ƒe ɖasefowo

31“Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, amewo mexɔnɛ sena o. 32Ame bubu aɖe li si le ɖase ɖim tso ŋutinye eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋutinye le eteƒe.

33“Miawo la miedɔ amewo ɖe Yohanes gbɔ, eye woɖi ɖase ɖo kpe nyateƒe la dzi. 34Gake mana mianya bena, ɖase detotɔ katã wu si woɖi tso ŋunye metso amegbetɔ aɖeke gbɔ o. Togbɔ be meƒo nu na mi tso Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti hã la, ɖe mewɔ esia be miaxɔ dzinye ase ale be miakpɔ ɖeɖe. 35Yohanes zu kekeli klẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ale be miekpɔ dzidzɔ le kekelia ŋuti elabena, eƒe keklẽ la ɖe vi na mi. 36Ke nye la, ɖasefo si kɔ wu Yohanes la le asinye. Esiae nye be, mewɔ nukunu geɖe siwo nye dɔ siwo Fofo la tsɔ de asi nam. Woawoe fia be Fofo lae dɔm vavã. 37Fofo la ŋutɔ ɖi ɖase le ŋunye togbɔ be miekpɔe kpɔ alo meƒo nu na mi kpɔ o hã. 38Ke, togbɔ be Fofo la le ɖase ɖim na mi hã la, miegbe be yewoamaɖo toe o, elabena, miegbe be yewomaxɔ nye, ame si wòdɔ ɖa kple eƒe agbenya la dzi ase o.

39“Miedzroa mawunya me tsitotsito elabena miexɔ se bena miekpɔa agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya bliboa katã la, dzinyee wotui ɖo. 40Gake miegbe gbidii bena yewomava gbɔnye ale be mana agbe mavɔ sia mi o.

41“Nyemexɔa kafukafu tsɔ amewo gbɔ o. 42Ke menya mi, eye menyae be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele mia me o. 43Menya esia elabena nye la meva le fofonye ƒe ŋkɔ me gake miegbe gbidii be yewomaxɔm o, ke esi ɖokuitɔdilawo va le woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ me la, miexɔ wo alɔ eve. 44Mewɔ nuku nam bena miegbe bena yewomaxɔ dzinye ase o. Elabena miedea bubu mia nɔewo ŋu kple dzidzɔ gake mietsɔ ɖeke le eme na bubu si Mawu ɖeka hɔ̃ ha de mia ŋu o!

45“Menye nyee le mia nu tso ge na Fofo la tso nu siawo ŋuti o, ke boŋ Mose ame si ƒe sewo dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo katã da ɖo bena ele mia kplɔ ge ayi ɖe dziƒoe la, eyae le mia nu tso ge. 46Miawo la miegbe bena yewomaxɔ Mose dzi ase o, anye ne miexɔ nye hã dzinye se. Elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye gake miexɔ edzi se o. Le esia ta miexɔ nye hã dzinye se o. 47Esi miexɔ Mose ƒe ŋɔŋlɔwo dzi se o ta la, miexɔ nye hã dzinye se o.”

Copyright information for EweBEE